Isaiah 39:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ bena: Nuka wokpɔ le aƒewò me? Xizkiya ɖo ŋu bena: Wokpɔ nusiwo katã le aƒenye me, naneke mele nye kesinɔnu dzraɖoƒe la, si nyemetsɔ fia wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesaya biae be: “Nu kae wokpɔ le aƒewò me?” Xizkiya ɖo eŋu be: “Wokpɔ nu sia nu si le nye aƒeme. Naneke mesusɔ le nye nudzraɖoƒexɔawo me si nyemefia wo o.”