Isaiah 39:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esiwo me woatɔ nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo katã fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o, Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, gbe ɖeka la, woalɔ nu siwo katã le aƒewò me kple esiwo katã tɔgbuiwòwo ƒo ƒu ɖi va se ɖe fifi la ayi Babilonia. Naneke masusɔ o. Aƒetɔ lae gblɔe.