Isaiah 4:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbe la, nyɔnu adrẽ alé ɖe ŋutsu ɖeka ŋu agblɔ be: “Míawo ŋutɔ míaɖu nu, ata avɔ le mía ɖokui si. Ɖeko míedi be woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu. Ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu.”