Isaiah 40:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo. Ame ka wɔ nu siawo katã? Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka, eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta, mena ɖeke bu le wo dome o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ ɖa! Ame kae wɔ nu siawo? Ame si kplɔa woƒe aʋakɔ doa goe, eye wònya woƒe xexlẽme heyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple ŋutete ta la, wo dometɔ aɖeke mebu o.