Isaiah 40:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mienya oa? Miesee oa? Aƒetɔ la, Mawu mavɔ wònye; Xexeme blibo la Wɔlae. Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi hã metea eŋu o. Eƒe nunya me dzodzro tsitotsito meli o.