Isaiah 40:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi; anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e, eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Balimewo katã akɔ kpo, eye to kple togbɛwo katã anyẽ ɖe eme, kpoƒeewo azu zɔzrɔ̃e, eye kɔwo asɔ kple anyigba,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Bali ɖe sia ɖe me akɔ dzi. To sia to kple togbɛ sia togbɛ anyè ɖe eme. Anyigba masɔmasɔwo asɔ, eye teƒe tsakliwo azu zɔzrɔ̃e.