Isaiah 41:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me! Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu! Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu. Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi ƒukpowo, mimiã nu le ŋkunye me, ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu; woate va, hafi woaƒo nu; titina míaƒo ta kpli ayi ʋɔnu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mi ƒukpowo, minɔ anyi kpoo miaɖo tom. Mina dukɔwo nakpɔ ŋusẽ yeye. Mina woate va aƒo nu. Mina mí katã míate va ʋɔnu.