Isaiah 41:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ame dahewo kple hiãtɔwo le tsi dim, eye tsi aɖeke meli o; ne woƒe aɖe dzi ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Aƒetɔ, matɔ na wo. Nye Israel ƒe Mawu la, nyemagblẽ wo ɖi o.