Isaiah 41:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne woakpɔe, eye wòadze sii, wòade dzigbɔ na wò, eye woanyae be, Yehowa ƒe asie wo esia, Israel ƒe kɔkɔetɔ lae wɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia ava eme bene amewo nakpɔe, anyàe, bene woabu eŋu, eye woase egɔme be Aƒetɔ ƒe asie wɔ esia; Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae wɔe.