Isaiah 41:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí. Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woate va, ne woagblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la, na mí. Kawoe nye tsãtɔwo? Migblɔe, ne míalé ŋku ɖe woawo kple woƒe nuwuwu ŋu, alo mina míase nusi le dzɔdzɔ ge la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikplɔ miaƒe mawuwo vɛ ne woagblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la na mí. Migblɔ nu si dzɔ le blema la na mí bene míalé ŋku ɖe wo ŋu, anya ale si nyaawo wu nui. Alo migblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la na mí.