Isaiah 42:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo; mɔ ɖe wo katã le dowo me, eye wobe ɖe gaxɔwo me. Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o. Wozu nu siwo woda adzoe, eye ame aɖeke meli agblɔ be, “Mitrɔ wo yii o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke dukɔ si woda adzoe, eye woha la wònye. Do zu mɔ̀ ɖe emenɔlawo katã, eye woɣla wo ɖe gaxɔwo me. Wozu nulélewo; ke ame aɖeke meli axɔ na wo o. Woha wo; ke ame aɖeke meli agblɔ be: “Migbugbɔ wo vɛ” o.