Isaiah 42:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa? Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto, eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amekae de Yakob asi, be woaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ɖe menye Yehowa, amesi ŋu míewɔ nuvɔ̃ ɖo, miegbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ, eye míese eƒe nufiame o lae oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame kae de Yakob asi be woaha, eye wòde Israel asi be woada adzoe? Ɖe menye Aƒetɔ ame si ŋu miewɔ nuvɔ̃ ɖo ame si ƒe mɔwo dzi wometo o kple ame si ƒe se womeɖo toe o la ŋue oa?