Isaiah 43:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Miawoe nye nye ɖaseɖilawo kple nye dɔla si metia la bene mianyae, axɔ dzinye ase, eye miase egɔme be nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mava ɖe yonyeme o.