Isaiah 43:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eya, amesi na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa ho; woɖo baba ɖe anyigba, eye womegafɔ o, wo nu tsi, abe alesi akaɖi me ɖovu tsina ene:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eya, ame si nana be tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa hona, wotsia anyigba, womegate ŋu fɔna o, eye wònana be wo nu tsi abe ale si akaɖimeɖovu tsina ene lae gblɔ be: