Isaiah 43:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o, alo tsa dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖe fu na wò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mètsɔ wò alẽviwo sa numemevɔ nam o, eye mètsɔ wò vɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nunanawo do agba na wò o, alo tsɔ lifi ɖe fu na wò o.