Isaiah 43:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Magblɔ na dzigbeme be: Ɖe asi le wo ŋu, eye na anyigbeme be: Mègasika wo ɖi o! Kplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinye nyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu vɛ.