Isaiah 43:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli. Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi, eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi? Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ, ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dukɔwo katã neƒo ƒu, anyigba dzi dukɔwo katã neƒo ta kpli: Ameka le wo dome agblɔ esia, alo ana míase nya, siwo dzɔ va yi? Woƒe ɖasefowo neva, ne woatso na wo, eye woasee ahagblɔ bena: Ele eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na dukɔwo katã naƒo ƒu, dukɔwo nakpe ta. Wo dometɔ kae agblɔ nya sia, eye wòagblɔ nya siwo dzɔ va yi la afia mí? Wonekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖi ɖase na wo, eye woaɖo to wo ne woagblɔ be nyateƒee.