Isaiah 44:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Atikpala daa dzidzeka, etsɔa ɣe tanɛ, eye wòtsɔa fi kpanɛ, etsɔa nudzidzega tanɛ, eye wòwɔnɛ ɖe ŋutsu ƒe nɔnɔme me, ɖe amegbetɔ ƒe ɖekadzedze me, ne wòanɔ xɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Atikpala daa dzidzeka, eye wòdea dzesii kple ɣe. Etsɔa fi kpanɛ, eye wòtsɔa nudzidzega tanɛ. Ewɔnɛ ɖe ame ƒe dzedzeme me wonyakpɔna ne wòanɔ aƒeme.