Isaiah 44:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo mèa legbawo la, wo katã mele ɖeke me o. Nu siwo ŋu wokpɔa dzidzɔ le la, wonye nu dzodzrowo. Woƒe ɖasefowo mele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eya ta ŋu akpe wo.