Isaiah 45:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus. Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe. Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋuti nam. Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menyae le dzɔdzɔenyenye me, eye mala eƒe mɔwo katã. Eyae atso nye du la, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu, menye le ga alo nunana ta o; Yehowa Zebaot ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyee nyɔ Kores ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu, eye mana eƒe mɔwo nadzɔ. Agbugbɔ nye du la atso, eye wòana ablɔɖe nye ame siwo woɖe aboyoe la, fetu alo nunana manɔmee.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.