Isaiah 45:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Egipte ƒe nukpɔkpɔwo, Nubia kple Sabatɔ dzɔtsuwo ƒe adzɔnuwo age ɖe asiwò me, azu tɔwò. Ame siawo adze yowòme; woade ga wo, eye woade ta agu na wò. Woaƒo koko na wò be: ‘Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le; ɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.’ ”