Isaiah 45:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ye wɔ dziƒowo; eya nye Mawu! Eyae mè anyigba wònye eƒe nuwɔwɔ. Eɖoe anyi be wòanɔ anyi tegbee. Mewɔe be wòanɔ anyi nyamaa o, ke boŋ be ame nanɔ edzi. Eyae gblɔ be: “Nyee nye Aƒetɔ, bubu aɖeke megali o.