Isaiah 45:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be, ‘Midim dzodzro’ o. Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna, eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyemeƒo nu le vivi me le anyigba ƒe teƒe, si do blukɔ o; nyemegblɔ na Yakob ƒe ƒome la be: „Midim yakatsyɔ“ o. Nye Yehowa megblɔ nusi le eme, eye meto nyateƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyemeƒo nu le vivime le anyigba ƒe afi aɖeke si do blukɔ o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be: ‘Midim le teƒe si tɔtɔ la’ o. Nye Aƒetɔ la, nyateƒee megblɔna megblɔ nu si le eteƒe.