Isaiah 45:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mi dukɔwo, miƒo mia ɖokui nu ƒu ne miava. Mi ame siwo katã tsi agbe le dukɔwo dome, mite va. Wo ame manyanu siwo lé aklama kpakpɛ tikpowo ɖe ta, eye wole gbe dom ɖa na mawu siwo metea ŋu xɔa ame ɖe agbe o.