Isaiah 45:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ. Migblɔe ne woase. Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu. Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema, eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi? Ɖe menye nye Yehowae oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye. Ɖeke megali o, negbe nye koe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miva to miaƒe nya. Mina woaƒo takpli ne woade adaŋu kple wo nɔewo. Ame kae gblɔ nya sia gbe aɖe gbe ke? Ame kae ɖe gbeƒãe le blema? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Mawu nu dzɔdzɔe Wɔla kple Xɔnametɔ menye; bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.