Isaiah 45:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyee wɔ kekeli, eye mewɔ viviti. Nyee wɔ dzɔgbe nyui, eye mewɔ dzɔgbevɔ̃e. Nyee nye Aƒetɔ, ame si wɔ nu siawo katã!