Isaiah 46:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
va se ɖe miaƒe tsitsime esime miaƒe taɖa ƒo wɔ ke hã la, nye koe, nye ɖeka koe ate ŋu alé mi ɖe te. Nyee wɔ mi, eye matsɔ mi ada ɖe ɖokuinye dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ne mietsi hã la, nye koe; nyee atsɔ mi kakaka miaƒo wɔ. Nyee wɔ mi, eye malé be na mi. Makɔ mi, axɔ na mi.