Isaiah 46:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wo, amesiwo dudua sika tsoa kotoku me ɖe anyi, eye wodaa klosalo le nudanu me, woɖatsɔa gbeɖe, ne woatsɔe awɔ mawu, si woadze klo ade ta agu na.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo ɖea sika fũu tso kotoku me kɔna ɖi. Wodaa klosalo le nudanu me. Wotsɔa sikaɖaŋudɔwɔla, ame si mèa mawu na wo. Tete wodzea klo nɛ, eye wosubɔnɛ!