Isaiah 46:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔnɛ ɖoa abɔta henɔa yiyim kplii. Wotsɔnɛ ɖoa enɔƒe, eye afi ma ko wònɔa tsitre ɖo. Metea ŋu ɖea zɔ yia teƒe bubu o. Togbɔ be wodoa ɣli nɛ hã la, meɖoa nya ŋu na wo o, eye metea ŋu ɖea wo le woƒe xaxawo me hã o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe; etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne amea ɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wokɔnɛ ɖe abɔta ɖadana ɖe enɔƒe enɔa tsitre ɖe afi ma, eye metea ŋu ʋãna le enɔƒe o. Ne wodo ɣli nɛ hã la, meɖoa eŋu loo, alo xɔna na ame le xaxa me o.