Isaiah 47:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖi ɖe anyi nànɔ ke me, wò Babilonia ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o. Wò Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu, nɔ anyi ɖe anyigba, menye ɖe fiazikpui dzi o. Womagayɔ wò be lɔlɔ̃vi alo ame si woalé be na o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò ɖetugbi, Babel nyɔnuvi, ɖi ɖe anyi, eye nabɔbɔ nɔ ke me! Bɔbɔ nɔ anyigba fiazikpui makpɔmakpɔe, wò Kaldea-nyɔnuvi! Elabena womagayɔ wò azɔ be fewunuwɔla kple atsyɔ̃nuwɔla vivivo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò ɖetugbi leaƒe, Babilon vinyɔnu, ɖi ɖe anyi nabɔbɔ nɔ ʋuʋudedi me. Wò Kaldea vinyɔnu, bɔbɔ nɔ anyigba menye fiazikpui dzi o. Elabe azɔ la, womagayɔ wò be vi vevi malɔ̃nugbɔe o.