Isaiah 47:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Èka ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔnyenye dzi hegblɔ be, ‘Ame aɖeke mekpɔam o.’ Wò nunya kple gɔmesese ble wò nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Èɖe dzi ɖi le nuvɔ̃ɖi wɔm le gbɔgblɔm be: “Ame aɖeke mele kpɔyem o.” Wò nunya kple sidzedze kplɔ wò trae, eye nègblɔ le dzime be: “Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”