Isaiah 47:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta yi wò amlimagbesawo, wò nukakawo dzi, esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke. Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze, ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Do kple wò gbesawo kpakple wò dzo gbogbo, siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖevime ke; ɖewohĩ ate ŋu awɔ nane, ɖewohĩ ate ŋu ado ŋɔdzi na amea ɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Lé wò gbesawo kple wò dzo gbogbo siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖetugbime ke la me ɖe asi sesĩe. Ɖewohĩ àte ŋu akpɔ dzidzedze. Ɖewohĩ àte ŋu ado ŋɔdzi na ame aɖe kpli wo.