Isaiah 47:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aɖaŋudede gbogbo siwo katã nèxɔ la, ɖeko wona nègbɔdzɔ! Na wò ɣletivimenunyalawo nava. Ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu hegblɔa nya ɖi dzinu sia dzinu la, na ne woaɖe wò tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ede aɖaŋu geɖe wòti ko na wò; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖeɖi te ŋuwò le aɖaŋuɖoɖo geɖe si nèxɔ la ta. Na dziŋgɔli me nunyalawo natso axɔ na wò. Woawoe kpɔa ɣletiviwo, eye ne dzinu dze dzi la, wogblɔa nu si ava dzɔ ɖe dziwò la na wò.