Isaiah 47:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke azɔ la, ɖo to afii. Wò nugblẽla vloe si ɖe dzi ɖi blewu le wò dedinɔnɔ me, eye nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Nyemanye ahosi alo ana vinyewo natsrɔ̃ o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ see, wò agbe vivi ɖula, si li bɔkɔɔ, eye nèle gbɔgblɔm le wò dzi me be; Nye koe, ɖeke megali o, nyemazu ahosi o, eye womaɖe vi le ŋunye o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, azɔ see, wò agbe vivi ɖula, wò ame si ɖe dzi ɖi le bubum be yele dedie. Èle gbɔgblɔm le ɖokuiwò me be: “Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nyemanɔ anyi abe ahosi ene alo anya ale si vi kuna na amee o.”