Isaiah 47:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nu eve siawo adzɔ ɖe dziwò kpata le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi: Viwo aku na wò, àzu ahosi hã. Nu siawo adzɔ ɖe dziwò nàkpɔ wo teƒe wòasu wò. Togbɔ be èsa dzo fũu, eye gbesa sesẽ geɖe le asiwò hã la, woava eme.