Isaiah 48:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia. Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo, eye mietso Yuda ƒe dzidzime me. Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ, eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tso Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nya teƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Misee, Yakob ƒe ƒome, mi ame siwo tsɔ Israel ŋkɔ, eye mienye Yuda ƒe alimeviwo. Mi ame siwo tsɔ Aƒetɔ ŋkɔ tàa nui, eye mieʋua Israel ƒe Mawu la me, evɔ menye le nyateƒe kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o.