Isaiah 48:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia, nyemeƒo nu le bebeme o.” Esi wòva eme la, menɔ afi ma? Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me. Azɔ Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbogbo la ɖom ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ mite ɖe ŋunye ne miase nya sia. Tso gɔmedzedzea ke nyemeƒo nu le adzame o. Mele eteƒe tso gbe aɖe gbe ke, esime wòva eme.” Azɔ Aƒetɔ Mawu ɖo nye kple eƒe gbɔgbɔ ɖa.