Isaiah 48:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene, eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene. Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
anye ne wò ƒome ano abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Anye ne wò alimeviwo asɔ gbɔ abe ke ene, eye wò dzidzimeviwo abe kekui ene. Womatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.”