Isaiah 48:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miesee kpɔ loo alo se egɔme o. Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o. Menya ale si miebaɖae la nyuie. Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mèsee kpo alo nyae o, eye wò to meke ɖe eŋu tsã o, elabena menyae be, ame mawɔnuteƒe nènye, eye godzela woyɔna na wò tso dɔ me ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mèsee kpɔ kura o; mènyae gbeɖe o. Tso gbe aɖe gbe ke la, wò to meʋu o. Elabe menyae be ame mawɔnuteƒe nènye. Aglãdzela woyɔna na wò tso esime wodzi wò.