Isaiah 49:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖe nyɔnu aŋlɔ vi si le no nu la be, eye makpɔ nublanui na vi si eya ŋutɔ dzi oa? Togbɔ be ate ŋu aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vi nono be, eye eƒe dɔme matrɔ ɖe vi si eya ŋutɔ dzi la ŋu oa? Ne aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o.