Isaiah 49:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ewɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene. Etsɔm ɣla ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te. Etsɔm wɔ aŋutrɔ ɖaɖɛ, eye wòɣlam ɖe eƒe daku me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ewo nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wo aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ nye nu wòle abe yi ɖaɖɛ ene. Eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli me. Ewɔm aŋutrɔ biɖoe, eye wòtsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.