Isaiah 49:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, “Kpɔ ɖa, mamia asi Trɔ̃subɔlawo, makɔ nye aflaga dzi na amewo. Woalé mia viŋutsuwo ɖe woƒe abɔwo dome atsɔ vɛ, eye woakɔ mia vinyɔnuwo ɖe abɔta vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpo ɖa, mamiã asi dukɔwo, eye mado aflaga ɖe dzi na anyigba dzi dukɔwo, ne woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔnu vɛ, eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta ve.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, makɔ asi dzi na dukɔwo, eye mado nye aflaga ɖe dzi na wo. Ale woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔ nu, eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta vɛ.