Isaiah 49:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fiawo aɖu fofo na mia viwo, fia nyɔnuwo ana no mia viwo. Woade ta agu, atsyɔ mo anyi na mi le ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le afɔŋu na wò. Ekema ànyae be nyee nye Yehowa, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔwo dana ɖe dzinye la, nyemenana ŋu kpea wo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fiawo azu tɔ́ na viwòwo, eye woƒe fianyɔnuwoe ana no wo. Woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le wò afɔ ŋu. Tete àdze sii be nyee nye Aƒetɔ. Ame siwo kpɔa mɔ nam la, ŋu makpe wo o.”