Isaiah 49:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Ɖela kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na dziɖulawo ƒe dɔla be, “Fiawo akpɔ wò, eye woatso anɔ tsitre. Fiaviwo akpɔ wò, eye woade ta agu na Yehowa nuteƒewɔla, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Israel ƒe Ɖela kple eƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na ame si wodo vloe, ame si dukɔ la lé fui, ame si nye dziɖulawo ƒe dɔla la be: “Fiawo akpɔe, atso ɖe tsitrenu, eye amegãwo adra ɖe anyigba ade ta agu, le Aƒetɔ, ame si wɔa nuteƒe la ta, le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”