Isaiah 5:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, abe ale si dzo ƒe aɖe fiãa ahɔliti takpoe kple gbe ƒuƒui ene la, nenema tututue woƒe kè anyunyɔ, eye woƒe seƒoƒo aʋu ya abe ʋuʋudedi ene. Elabe wogbe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe nufiame, eye woɖe alɔ me le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nya ŋu.