Isaiah 5:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu. Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi. Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene. To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o, eƒe alɔ gale dzi ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu vevie, eye wòdo abɔ ɖe dzi heƒo wo. Towo ʋuʋu kpèkpekpe, eye ame kukuawo tsi kpɔdomee abe gbeɖuɖɔ ene. Ke hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.