Isaiah 5:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana wòazu anyigba mawɔnu. Womaɖe eŋu alo aga eme o, ke aŋɔkawo kple ŋuwo amie ɖe eme. Made se na alilikpowo gɔ̃ be tsi megadza ɖe edzi azɔ o.