Isaiah 5:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Baba na mi ame siwo le xɔ tsiam ɖe xɔ nu, eye wole agble tsiam ɖe agble nu be teƒe aɖeke megasusɔ o, be woawo ɖeɖe naxɔ anyigba la dzi!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba na amesiwo le xɔ tsiãm ɖe xɔ nu, eye wole agble didim ɖe agble nu, vaseɖe esime teƒea ɖeke maganɔ anyi o, ne woawo ɖeɖe nanɔ anyigba dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Baba na ame siwo le xɔ tum kpe xɔ, hele agble kekem ɖe agble nu va se ɖe esime teƒe aɖeke maganɔ anyi o, bene woawo ɖeɖe ko nanɔ anyigba la dzi.