Isaiah 50:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Afi ka mia dada ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo ame siwo ŋu menyi fe le la dometɔ kae metsɔ mi dzra na? Miaƒe nu vɔ̃wo tae wotsɔ mi dzra ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wonya mia dada ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Afi ka mia nɔ ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo nye fetɔwo dometɔ ka medzra mi na? Kpɔ ɖa, miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo tae wodzra mi ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wogbe mia nɔ ɖo.