Isaiah 50:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame kae le mia dome si vɔ̃a Yehowa, eye wòwɔa eƒe dɔla ƒe nya dzi? Na ame si le viviti me zɔm, akaɖi mele esi o la naka ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye wòaɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋuti.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mia dometɔ kae vɔ̃a Aƒetɔ, eye wòɖoa to eƒe dɔla ƒe gbe, ame kae le viviti me zɔm, eye kekeli aɖeke meklẽna nɛ o, evɔ wòɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋkɔ ŋu, eye wòziɔna ɖe eƒe Mawu ŋu?